Mark 5:21-43

Yairo vinyɔnu kple nyɔnu ʋusisidɔléla la

(Mateo 9:18-26; Luka 8:40-56)

21Esi Yesu va ɖi go ɖe ƒua ƒe go evelia dzi la, ameha gã aɖe ƒo zi ɖe eŋu.

22Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe dzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme, 23eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, “Vinye la ɖo kudo nu vɔ eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe.”

24Yesu tso kpla dze eyome eye ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo. 25Nyɔnu aɖe nɔ ameawo dome si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ. 26Nyɔnu sia kpe fu tsa le atikewɔla ge ɖewo dzi ƒe geɖewo eye wògblẽ ga geɖe hã be woada dɔa na ye gake mekpɔ dzidzedze o, dɔa ɖeko wòganyra ɖe edzi nɛ boŋ. 27Ese nukunu geɖe siwo Yesu wɔ, eya ta eʋli eɖokui to ameha la dome hezɔ va Yesu megbe eye wòka asi eƒe awu ŋu.

28Elabena exɔe se eye wògblɔ le eɖokui me be, “Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la nye lãme asẽ.” 29Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la ʋu si nɔ dodom le eŋu la tɔ enumake eye wòse le eɖokui me hã be yehaya.

30Yesu se le eƒe lãme enumake be dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ aɖe do le ye me, eya ta etrɔ kɔ hebia be, “Ame kae ka asi nye awu ŋu?”

31Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Esi ame gbogbo siawo ƒo zi ɖe ŋuwò ɖe, ale ke wɔ nègale biabiam be ame kae ka asi ŋuwò?”

32Gake Yesu ganɔ ŋku tsam kokoko be yeakpɔ ame si wɔ nenem nu sia. 33Kasia nyɔnua do le ameawo dome kple vɔvɔ̃ kple dzodzonyanyanyã va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔnu begblɔ nu si wòwɔ la nɛ. 34Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyenyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò, heyi le ŋutifafa me, wò dɔléle la vɔ keŋkeŋ.”

35Esi Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu sia la amedɔdɔwo tso Yairo ƒeme va tui gblɔ nɛ be, “Viwò la ku xoxoxo eya ta mègaxa ɖe fu na Nufiala la be neva aƒea me o.”

36Yesu se nya siwo wova gblɔ na Yairo ale wòde dzi ƒo nɛ gblɔ be, “Mègavɔ̃ o, xɔ dzinye se ko.”

37Azɔ Yesu tia Petro, Yakobo kple Yohanes ko be woakplɔ ye ɖo ayi ɖe aƒea me. 38Esi wòva ɖo aƒea ƒe agbonu la, Yesu kpɔ be zitɔtɔ gã aɖe nɔ teƒea elabena amewo nɔ avi fam henɔ ɣli dom hoo.

39Ege ɖe aƒea me eye wòƒo nu na ameawo gblɔ be, “Nu ka ƒe avi fafa kple howɔwɔe nye sia? Ɖevia meku o, ke boŋ alɔ̃e wòdɔ!”

40Ameawo koe ʋuu, le nya si wògblɔ la ta. Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevia fofo, dada, kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi eye woge ɖe xɔ si me wotsɔ ɖevi la mlɔe la me.

41Yesu lé ɖevia ƒe alɔnu eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi” si gɔme enye be, nyɔnuvi sue mele egblɔm na wò be, tsi tre. 42Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi eye wòzɔ azɔli. Nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve. Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo. 43Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevia wòaɖu.

Copyright information for EweBEE